Luke 13:25-27

25Nenye be aƒetɔ tsi tre hetu ʋɔa la eye mietsi tre ɖe egodo, de asi eƒoƒo me hele gbɔgblɔm be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’

“Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’”

26“Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mi kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ eye nèfia nu le mia ƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’”

27“Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be, nyemenya mi o. Miate ŋu ava me o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’”

Copyright information for EweBEE